Nufiala1

Call Directions Website Contact the school

Nufiala1 A platform created to Promote & Revive Eʋe through Online tuition, donation of Eʋe books & selling of Eʋe books. +233(0)540545723

GLITOTO*NU_SI_TA_YIYI_MEDOA_ƉI_O.*Mise gli loo!!!Gli tso ʋūu ɖadze Yiyi dzi, wòdze Yiyi srɔ̃ Funɔ dzi, wòdze Avu dzi, wò...
05/09/2026

GLITOTO
*NU_SI_TA_YIYI_MEDOA_ƉI_O.*

Mise gli loo!!!
Gli tso ʋūu ɖadze Yiyi dzi, wòdze Yiyi srɔ̃ Funɔ dzi, wòdze Avu dzi, wògadze Lo kple lã bubuawo hã dzi. Gbe ɖeka la, Yiyi ɖi tsa yi exɔlɔ̃ Avu gbɔ. Esi wolɔ̃ gbe vɔ la Yiyi gblɔ nɛ be nena yewoadzo le yewoƒe kɔƒe xoxoawo me aɖatso bubu. Yiyi gayi be fifia yewotsi eya ta anyo be xɔ nyui nanɔ yewo si. Esia ana be amewo abu yewo. Avu lɔ̃ ɖe dzi. Ale wolɔ̃ be yewoadi teƒe nyui aɖe.

Le ŋuƒɔke la, woyi be yewoaɖadi teƒe. Yiyi tsɔ tsigoe ɖeka kpla. Avu hã tsɔ ka kple anyitsi go ɖeka ɖe asi. Esi wozɔ ʋee le, tsikɔ de asi Yiyi wuwu me. Avu gblɔ nɛ be neno yeƒetsia ɖe. Esi Yiyi noe la, evivi nɛ. Ebia Avu se be; Afi kae nèkpɔ tsi vivi sia tsoe?" Avu ɖo ŋu nɛ be; "Tsivudo aɖe le nye dɔ me; eya me tsie."

Wowɔ nu flui geɖewo le mɔa dzi. Ɖeɖi te Yiyi ŋu azɔ. Egblɔ na Avu be nebla ye kɔ ɖe ta. Avu hã be nebla ye gbã. Avu kɔ Yiyi ɖe ta segege. Eƒe kɔ ɖo to eye gbɔgbɔtsixe tsi eƒo. Esi nu te eŋu la, eɖoe be yeawu Yiyi boŋ. Vɔvɔ̃ ɖo Yiyi gake wɔna aɖeke meli o.

Esi Avu zɔ vaɖo tɔ aɖe to la, ekpɔ Lo gã
aɖe le eme. Eɖe ta le Yiyi te wòge dze tɔa me doo eye wòsi dzo le egbɔ. Loa melé Yiyi o ke boŋ etu kae. Yiyi gblɔ nublanuitɔe be: "Aƒetɔnye, fetu kae nàxɔ le asinye?" Lo la ɖo eŋu nɛ be; "Nɔvi heyi ko." Yiyi da akpe nɛ. Eɖoe kplikpaa be yeawɔ dɔmenyo aɖe nɛ kokoko.

Yiyi gbɔ va aƒe me. Ebia srɔ̃a Funɔ se be nya kae dzɔ wòli kpoo nenema mahã? Srɔ̃a ɖo eŋu nɛ be lã aɖeke meli aƒea me o. Yiyi gblɔ nɛ be; "Enyo, meyi maɖadi lã dami aɖe vɛ." Srɔ̃a ɖa akple sue aɖe nɛ wòtsɔ ɖe asi. Yiyi dze mɔ kple eƒe yi. Ezɔ ɖo tɔa to eye wòkpɔ Lo si nyo dɔ me nɛ la. Edi be yadzae gake Loa si dzo le egbɔ.

Esi Yiyi mete ŋu wu Loa o la, eƒe dzi gba. Eɖo ŋku ale si srɔ̃a aka mo nɛ la dzi eye wòyɔ mo sū. Evɔ̃ be ne yeyi aƒe me asiƒuƒlui la manyo naye kura o. Le esia ta esi wòɖo aƒea gbɔ la ede ati gã aɖe ta me henɔ srɔ̃a kpɔm do ɖa. Funɔ ɖo de dzo dzi henɔ elalam. Gake kpao Yiyi metrɔa gbe . Atia ta me ko wònɔ.

Ŋdɔ ɖu Yiyi ale gbegbe be eƒe dzi tsi aɖe nu. Dɔ nɔ eƒlɔm ŋutɔ. Mlɔeba la, edo dzi yi ɖe aƒe me. Esi wòɖo la, srɔ̃a biae be; "lã ɖe?" Yiyi xlɔ dɔmedzoetɔe be; "nu ka? Màna ne dzi nagbɔ ɖe eme vie gbɔ oa?" Srɔ̃a Funɔ ɖo ŋu nɛ be; Mekpɔ dzesii be metsɔ lã aɖeke gbɔe o." Tsia!!! Yakame!!! Ŋu mele kpewòm be nègbɔ kple asi ƒuƒlui oa?

Yiyi meke nu o. Dɔ sii eye eƒe lãme gbɔdzɔ. Eyi ɖamlɔ anyi enumake. Alɔ̃ hã menya nɔ dɔdɔm nɛ o. Esi ŋu ke la, srɔ̃a yi tɔ me tsi ku ge. kasia Lo gã aɖee nye si dze ŋɛ ɖe tsia me. Tagbatsutsuwo nɔ aseye tsom le eŋu. Ewɔ nɛ abe Loa ɖe wòku ene. Eɖe abla kaba be yeayi aɖatoe na Yiyi.

Esi wòɖo aƒea me la, eƒu du yi srɔ̃a gbɔ. Eyɔe be; "Yiyi, Yiyi nyɔ̃. Lo aɖe ku ɖe tɔa me. Ƒu du nàyi ɖakɔe kaba. Ne menye nenem o la ame aɖe ava tso nuwò!" Yiyi gbɔ fūu. Egblɔ be ; "Mèkpɔea? Ne mewu lã ɣe aɖewo ɣi la, mekuna enumake o. Ne ŋu ke ɖe edzi hafi wòkuna." Yiyi gblɔ na srɔ̃a be megavɔ̃ kura o, yeayi aɖakɔe vɛ fifi laa.

Yiyi fɔ enumake hedze mɔ ɖo tɔ la to. Eka ɖe dzi be Loa ku elabena srɔ̃a hã Kpɔe. Esi wòɖo tɔa to la, ekpɔ be tagbatsutsuwo nɔ tɔtrɔm le eŋu hã vavã. Eɖe abla yi ave me ɖatso ati sesẽ aɖe. Eɖe kã hã kpe ɖe eŋu. Yiyi gblɔ na eɖokui be; "Nyemana ame aɖeke le kɔƒea me o. Nye Kple Funɔ ɖeɖe dzaa koe laɖu Lo dami sia va se ɖe esime wòavɔ.

Esi wòtso atia vɔ la, ete ɖe Loa ŋu. Eƒe dzi lã vie. Ewɔ nɛ abe ɖe meku o ene. Gake edo dzi tsɔ ati la tɔe dzaa eye wògblɔ be ; " Lo, èku nyateƒea? Aƒetɔ Lo, alo bleyem nèlea? Ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ. Loa meʋa kli hã o. Tagbatsutsuwo ganɔ aseye tsom le eŋu nenema. Dzi ɖo Yiyi ƒo. Eƒe susu koe nye be evɔ na Loa egbe godoo. Yiyi do dzidzɔɣli sesĩe hegblɔ be; " Oho, Lo la ku godoo." Esa ka ɖe ali nɛ hehee. Kasia Lo la trɔ xatsa. Meku o. Dzidzi ƒo Yiyi eye wòdze anyi ɖe tɔa me. Lo la lé afɔ nɛ goŋgoŋ gake Yiyi dze agbagba ʋli le esi me hesi yi tsia ŋgɔ.

Tso gbe ma gbe dzi la, Yiyi megadoa ɖi o elabena, enɔa vɔvɔ̃m be ne yedo ɖi la, Loa agava lé afɔgɔme na ye.

Nunya adidoe asi metunɛ o.
©Eʋegbe Nusrɔ̃ƒe @⁨all⁩

Ne wobe Eʋegbe adodoea, Eʋenusrɔ̃ƒe (Department of Ewe Education) si le UEW, Ajumako la ko nàkpɔe le. Dekpɔe nye asia me...
13/08/2026

Ne wobe Eʋegbe adodoea, Eʋenusrɔ̃ƒe (Department of Ewe Education) si le UEW, Ajumako la ko nàkpɔe le.
Dekpɔe nye asia me eya ta tsɔtsɔe nenɔ eŋu.
Míɖo dze faa +233540545723




💯
30/07/2026

💯

17/07/2026

Fiɖagbe Siamlɔm 17lia, 2026
Local NUGS President-Elect 2026/2027

14/07/2026

Ewe Departmental Week'26

14/07/2026

Ewe Departmental Week'26 Part 14

Address

Main Lorry Station
Ho

Alerts

Be the first to know and let us send you an email when Nufiala1 posts news and promotions. Your email address will not be used for any other purpose, and you can unsubscribe at any time.

Contact The School

Send a message to Nufiala1:

Shortcuts

Share