03/07/2026
Hakpanya ŋɔŋlɔ le Eʋegbe me ƒe Hoʋiʋli
— “Se siwo ɖo hakpanya ŋɔŋlɔ le Eʋegbe me ƒe hoʋiʋli anyi”
Agbale ŋɔŋlɔ hena hoʋiʋli wɔwɔ : Ame sia ame si akpɔ gome le eme aŋlɔ hakpanya wiatɔ̃ (15).
Togo habɔbɔ E-LIKE wɔ ɖoɖo tso hoʋiʋli sia ŋu. Ɖoɖoa woe nye esi gbɔna.
Sea ƒe ɖoƒe gbãtɔ: Hoʋiʋlia ƒe ɖoɖo wɔwɔ kple eƒe edzi yiyi.
Togo habɔbɔ E-LIKE si wɔna dɔ le dekɔnuwo, aɖaŋudɔwo kple tsaɖiɖi ƒe nyawo ŋu ye le hoʋiʋli sia dem tome.
To hakpanya hoʋiʋli sia me le Eʋegbe me la, E-LIKE Habɔbɔa ɖoe be yeana ye ƒe kpekpeɖeŋu na Afrikagbewo dodo ɖe ŋgɔ, yana ne woa nya egbe ƒe hakpanyawo, yana be Eʋeawo ƒe dekɔnuwo ƒe domenyinu woà klẽ ɖe edzi.
Woawɔ hoʋiʋlia ƒé eve ɖesiaɖe ale be woado Eʋe hakpanyawo kple hakpanyaŋlɔŋlɔ le Eʋegbe me ɖe ŋgɔ .
Sea ƒe ɖoƒe 2 lia: habɔbɔ siwo ɖo hoʋiʋlia anyi.
E-LIKE wɔ ɖoɖo ku ɖe hoʋiʋlia ŋu le hadome kple:
-Kazula si nye Agbalẽtaƒe si le Canada dume
-AGBEKA agbalẽŋɔŋlɔ kple dekɔnuwo ŋuti numekuku
Habɔbɔ siawoe kpe asi ɖe hoʋiʋlia ƒe dɔwɔwɔ ŋu, vevietɔ le dɔawo dodo ɖe ŋgɔ, gbeƒa ɖeɖe tso nuŋɔŋlɔawo kata kple wo tata gome.
Sea ƒe ɖoƒe 3 lia: Nu ka woa wɔ le hoʋiʋlia me ma hã ?
Woatia ame etɔ̃ gbãtɔawo ƒe hakpanyawo, eye adaŋudeha menɔlawo ateŋu tia hakpanya ‘’siwo wolɔ̃na wu" dometɔ aɖewo. Hakpanya sia wo xã woa ta wo ɖe agbaleã me.
Sea ƒe ɖoƒe 4 lia:Gbegbɔgblɔ kple eƒe tɔxɛnyényé.
-Ele be woaŋlɔ hakpanyawo le Eʋegbe ɖeɖeko me.
-Ele be nuŋɔŋlɔ siwo woɖo ɖa la atso eŋlɔla ŋutɔ gbɔ eye womatɛ kpɔ o.
- Nuŋɔŋlɔ ɖesiaɖe si wofi alo agbalẽ aɖe si li xoxo la eye wogbugbɔgawɔ la mateŋu kpɔ nɔƒe le hoʋiʋlia me o. Miaɖe ɖe aga.
Sea ƒe ɖoƒe 5 lia: Ɖoɖo si dzi woazɔ ɖo xafi akpɔ gome le hoʋiʋlia me (Gomekpɔkpɔ ƒe Nɔnɔmewo).
- Woʋu mɔ na amewo katã, meka ƒe ka kee woɖaxɔ, dukɔ si me wotso alo afisi wole o.
- Gomekpɔkpɔ le eme femaxee.
- Gomekpɔla ɖesiaɖe ateŋu atsɔ hakpanya wuiatɔ̃ (15) ƒe ƒuƒoƒo ɖeka ko aɖo ɖa.
-Nyametsolawo mateŋu kpɔ gome le hoʋiʋli sia me o.
Sea ƒe ɖoƒe 6 lia: Tanya
Mɔɖeɖe li ne ame sia me be woatia tanya si wo di la.
Sea ƒe ɖoƒe 7 lia:
Ele be hakpanya wuiatɔ̃ (15) pɛpɛpɛ nanɔ susudodoɖa ɖesiaɖe me.
Ele be hakpanya ɖesiaɖe nadidi tso fli ewo (10) va se ɖe blaene (40).
-Nɔnɔme:
-Ŋɔŋlɔdzesi si woate ŋu axlẽ (Times New Roman, Arial, Charis SIL, alo esi sɔ kplii).
tata ƒe lolome: 12
-Agbalenlɔla ƒe agbeŋutinya
-Fli ƒe dometsotso: ɖeka
-Nɔnɔme siwo dzi woda asi ɖo: PDF kple Word (.doc / .docx).
Sea ƒe ɖoƒe 8 lia: Ɖoɖo si dzi ŋɔŋlɔawo azɔ xafi aɖo mia gbɔ.
Agbale si wo aɖo miagbɔ yewoe nye esiawo:
1-Hakpanya wiatɔ̂ (15) si dzi wo me ŋlɔ nuŋlɔla ŋkɔ ɖe ɖeke dzi o
2-Agbale bubu si dzi woŋlɔ:
-Agbale ŋlɔla fe ŋkɔ ɖo
-Dukɔ si me wole
-e-mail adrɛs
-Kaƒomɔ number:
-Hakpanya ɖe sia ɖe ƒe tanya:
Adrɛs si dzi agbalewo ato aɖo miagbɔ: [email protected]
Sea ƒe ɖoƒe 9 lia: Ŋkeke mamlɛtɔ si dzi woa teŋu tsɔ agbale ɖoɖa mi.
Ŋkeke mamlɛtɔ: Hoʋiʋlia dze egɔme tso 12/01/2026 eye woa wunu le 01/06/2027 (le dzoɖa, dzove, 12 lia dzi le ƒe 2026 lia me eye woa wunu le masa ƒe ŋkeke 1tɔ dzi le ƒe 2027 lia me).
Womaxɔ hakpanya aɖeke si va ɖo le ŋkeke sia megbe o.
Sea ƒe ɖoƒe 10 lia: Nyametsolawo
Adaŋudeha si le eɖokui si me hakpanyaŋlɔlawo, nufialawo, kple agbalẽtalawo le la ada agbalẽawo kpɔ.
Adaŋudeha la ƒe nyametsotsowo le woɖokui si eye womate ŋu aga atrɔ naneke le wo ŋu o.
Sea ƒe ɖoƒe 11 lia: nudidinu si woatsɔ wɔ nyametsotso
Nuɖoɖɛ dzesi
Eʋegbea ŋɔŋlɔ ƒe ʋuɖɔɖɔ : 20
Eʋegbea ƒe aku-aku nyenye kple aɖaŋuwɔwɔ tso gbea ŋu : 20
Eʋegbea ƒe go sasa kple eƒe atsyɔ̃ɖoɖo me : 20
Hakpanyawo le ɖoɖo nyui mea, gɔmesesusu le wo sia, wole wonɔɛwo ƒoƒu nyuia?: 15
Hakpanyawo ƒe todede /Goglome : 15
Hoʋiʋlia ƒe sewo dzi wɔwɔ :10
Wo katã : /100
Sea ƒe ɖoƒe 12 lia: Fetu kple kanana ŋuŋlɔlawo ŋu.
-Fetu Gbãtɔ: FCFA 75,000 + dziɖuɖua ƒe ɖaseɖigbalẽ
-Fetu Evelia: FCFA 60,000 + dziɖuɖua ƒe ɖaseɖigbalẽ
-Fetu Etɔ̃lia: FCFA 50,000 + dziɖuɖua ƒe ɖaseɖigbalẽ
Woata dziɖulawo ƒe hakpanyawo ɖe agbaleɖeka me, eye watsɔ hakpanya bubu aɖewo si wo dze adaŋudeha ŋu de agbaleã me.
Sea ƒe ɖoƒe 13 lia: ŋuŋlɔlawo ƒe dzena.
Agbalẽa ŋlɔlawo lé woƒe nutata ƒe gomenɔamesiwo ƒe dzena katã ɖe asi. Ame aɖeke me kpɔ mɔ̃ ata agbale siawo le eŋlɔlawo ƒe manya manya me o alo le woaƒe gbe mana mana me o.
To gomekpɔkpɔ le hoʋiʋli sia me la, gomekpɔla siwo le gome kpɔm le eme naa mɔnu be wo ma ga xe ƒetu aɖeke na yewo le agbalea tata megbe o. Mɔnu kpɔkpɔ le ne agbaleŋlɔlawo be wodometɔ ɖe sia ɖe aɖe eƒe hakpanya ƒe tata le afisi dzrui fã.
Agbaletaƒe Kazula alo nyakakagbalẽ Agbeka woatenu ta agbalea, le hoʋiʋlia kple eƒe dodo ɖe ŋgɔ ƒe nyawo me, eye womaxe fe bubu aɖeke kpee o negbe fetu siwo wona le hoʋiʋli la me ko.
Sea ƒe ɖoƒe 14 lia: Gbeƒaɖeɖe tso hoʋiʋlia metsonu ŋuti
Woaɖe gbeƒã tso hoʋiʋlia metsonu ŋuti le nyagbeƒa ɖemɔ ɖe sia ɖe dzi le dzome 12 lia dzi le ƒe 2027 lia me kple le agbekanyakaka ƒe agbalẽ me.
Woaŋlɔnu na aʋadziɖulawo ɖeka ɖeka.
Sea ƒe ɖoƒe 15 lia:
E-LIKE si nye hoʋiʋlia ɖo anyila ateŋu tɔté alo aɖo asi hoʋiʋlia dzi, ɣe sia ɣi, ne naɖe va eme si zi edzi, ne ekpɔɛ be amewo me sɔgbɔ awɔ hoʋiʋlia o. Aga ateŋu trɔ asi le hoʋiʋlia ƒe sewo ŋu, alo atsɔ ɣeyiɣi yi ŋgɔ fã, alo ate fli ɖe hoʋiʋli dzi gbidzi gbidzi.
Sea ƒe ɖoƒe 16 lia: Seawo dzi xɔxɔ se.
Gomekpɔkpɔ le hoʋiʋlia me fia be woalɔ̃ ɖe se siawo dzi eye woawɔ̃ ɖe wo dzi bliboe.
Lomé, dzoɖa, dzove, 12 lia dzi le ƒe 2026 lia me.
Hakpanya ŋɔŋlɔ le Eʋegbe ƒe Hoʋiʋli
Hakpanya ŋɔŋlɔ le Eʋegbe ƒe Hoʋiʋli Hakpanya ŋɔŋlɔ le Eʋegbe ƒe Hoʋiʋli — “Se siwo ɖo hakpanya ŋɔŋlɔ le Eʋegbe ƒe hoʋiʋli anyi” Agbale ŋɔŋlɔ hena hoʋiʋli wɔwɔ : Ame sia ame si akpɔ gome le eme aŋlɔ hakpanya wiatɔ̃ (15). Togo habɔbɔ E…
03/06/2026
02/27/2026
02/26/2026
02/24/2026